Wikipedia
eewiki
https://ee.wikipedia.org/wiki/Axa_do_%C5%8Ag%C9%94
MediaWiki 1.47.0-wmf.9
first-letter
Media
Special
Talk
User
User talk
Wikipedia
Wikipedia talk
File
File talk
MediaWiki
MediaWiki talk
Template
Template talk
Help
Help talk
Category
Category talk
TimedText
TimedText talk
Module
Module talk
Event
Event talk
Joana Lina
0
11208
61838
60828
2026-07-04T18:10:57Z
InternetArchiveBot
12362
Rescuing 1 sources and tagging 0 as dead.) #IABot (v2.0.9.5
61838
wikitext
text/x-wiki
{{Databox}}
'''Joana Lina Ramos Baptista Cândido''' (wodzi le 22 September 1957) nye Angola gaŋutinunyala kple dunyahela.<ref name=":0">"[http://www.parlamento.ao/web/joana.candido#http://www.parlamento.ao/glue/AN_Navigation.jsp? Joana Lina Ramos Baptista Cândido]". Assembleia Nacional de Angola. 2018. Retrieved 30 August 2024.</ref> Ewɔ ɖeka kple [[:en:MPLA|People's Movement for the Liberation of Angola]] (MPLA). Enye akpaɖekedzimadela na akpahaa le Dukɔa ƒe [[:en:National_Assembly_(Angola)|National Assembly]] me tso ƒe 1992 va ɖo ƒe 2022.<ref name=":0" /><ref>"[http://www.dw.com/pt-002/deputados-tomam-posse-na-assembleia-nacional-de-angola/a-40717898 Deputados tomam posse na Assembleia Nacional de Angola]". DW. 28 September 2017. Retrieved 30 August 2024.</ref><ref>[https://web.archive.org/web/20171025105559/http://www.tribunalconstitucional.ao/uploads/%7Be093e7d3-2465-4007-b494-35a08d849729%7D.pdf "Lista de candidatos às eleições de 2017]" (PDF). Tribunal Constitucional de Angola. 2017. Archived from [http://www.tribunalconstitucional.ao/uploads/%7Be093e7d3-2465-4007-b494-35a08d849729%7D.pdf the original] (PDF) on 2017-10-25. Retrieved 30 August 2024.</ref>
== Agbemeŋutinya ==
Wodzi Lina le September 22, 1957 dzi le Camabatela, le [[:en:Cuanza_Norte_Province|Cuanza Norte]] nutoa me. Enye José Coimbra Baptista kple Alexandrina Rodrigues Ramos da Cruz Baptista ƒe vinyɔnu. Tso ƒe 1964 va ɖo ƒe 1968 me la, esrɔ̃ gɔmedzesuku le Escola Primária de Camabatela.<ref name=":1">Biography of Joana Lina Ramos Baptista Cândido. JMPLA de Belas. 8 August 2020.</ref>
Le eƒe ɖevime la, enɔ [[:en:N'dalatando|N’dalatando]]. Le ɣeyiɣi sia me, tso ƒe 1969 va ɖo ƒe 1974 me la, edze eƒe sekɛndrisuku kple lycée gɔme le Liceu Adriano Moreira de Nadalatando. Hafi wòaʋu ayi Luanda, afisi Lina va ge ɖe MPLA me le le ƒe 1974 me la, eyi ɖawɔ dɔ abe lɔlɔ̃nu faa ɖoɖowɔla le agbalẽsɔsrɔ̃ me na kplɔ̃ɖoƒea le Cuanza Norte. Le [[:en:Luanda|Luanda]] la, eva zu aʋawɔla le [[:en:Organization_of_Angolan_Women|Organization of Angolan Women]] (OMA) hã me. Esime wònɔ Luanda hã la, ede kafukafu nusɔsrɔ̃wo le Paulo Dias de Novais kple Salvador Correia (si nye Magistério Mutu-ya-Kevela fifia) tso ƒe 1976 va ɖo ƒe 1978.{4} Esrɔ̃ gaŋutinunya tso ƒe 1978 va ɖo ƒe 1982 le [[:en:Agostinho_Neto_University|Agostinho Neto University]] ƒe Ganyawo Ŋuti Suku. Ƒe geɖe megbe, le ƒe 2013 me la, ewu master ƒe ɖaseɖigbalẽ nu le ganyawo ŋuti dunyahehe si nye ŋgɔyiyi me le yunivɛsiti ma ke me.<ref name=":0" />
=== Dunyahehedɔ ===
Le Angola si le eɖokui si me la, Lina dze dɔwɔwɔ gɔme le MPLA ƒe dɔwɔƒegã abe Titinakɔmiti ƒe dziɖuɖumegã si kpɔa Ganyawo ƒe Ŋgɔyiyi kple Ðoɖowɔwɔ dzi ƒe agbalẽŋlɔla ene, eye wònɔ Dukplɔla [[:en:José_Eduardo_dos_Santos|José Eduardo dos Santos]] ƒe kpɔkplɔ te.<ref>"[https://web.archive.org/web/20140307153023/http://www.lwini.og.ao/eo.php?id=9 Cópia arquivada]". Archived from [http://www.lwini.og.ao/eo.php?id=9 the original] on 2014-03-07. Retrieved 30 August 2024.</ref> Esi wotrɔ ŋkɔ si wotsɔ na Ganyawo Kple Hadomegbenɔnɔ Ŋuti Ðoɖowo ƒe Dɔwɔƒe (DPES) la, eva zu dɔdzikpɔla le ƒe 1983 me, eye [[:en:Roberto_Francisco_de_Almeida|Roberto Francisco de Almeida]] nye DPES ƒe Titina Kɔmiti ƒe Agbalẽŋlɔla xoxo, amesi wòɖo eŋu.<ref name=":0" /> Emegbe eva zu OMA ƒe Dukɔa ƒe Kɔmiti me tɔ le ɣeyiɣi sia me.<ref name=":1" />
Tso ƒe 1991 va ɖo ƒe 1997 me la, Lina nye Dukɔa ƒe Agbalẽŋlɔla kple Nyɔnuwo ƒe Dodoɖeŋgɔ kple Ŋgɔyiyi, eye wònye Ƒome kple Nyɔnuwo ƒe Dodoɖeŋgɔ ƒe Dɔdzikpɔla le Ðekawɔwɔ kple Dukɔa ƒe Dzadzraɖo dziɖuɖua me.<ref name=":0" />
Le ɣeyiɣi ma ke me la, le ƒe 1992 me la, wotiam be wòanye MPLA teƒenɔla na Dukɔa ƒe Sewɔtakpekpe, eye le eƒe gɔmedzedze megbe kpuie la, Ganyawo Kple Ganyawo Ŋuti Dɔwɔha ƒe Dukplɔla, le dukɔa ƒe sewɔtakpekpe gbãtɔ si me dunyaheha geɖe nɔ. Le eƒe subɔla ƒe ɣeyiɣi megbe la, Lina trɔ yi dɔwɔwɔ le MPLA ƒe akpaɖekedzimademade ƒe ɖoɖo ememetɔ me, eye wòtrɔ gbɔ va zu DPES ƒe dɔdzikpɔla. Gake le akpahaa ƒe takpekpe si wowɔ le ƒe 2003 me la, woɖoe be wòanye MPLA ƒe Dɔwɔnyawo Kple Ganyawo ƒe Agbalẽŋlɔla. Wogatiae be wòanye teƒenɔla le ƒe 2008 me, eye wòyi ŋgɔ va zu Dukɔa ƒe Sewɔtakpekpe ƒe zimenɔla ƒe kpeɖeŋutɔ 2 lia eye tso ƒe 2012 va ɖo ƒe 2017 me la, enye Dukɔa ƒe Sewɔtakpekpe ƒe zimenɔla ƒe kpeɖeŋutɔ 1.<ref name=":1" />
Tso ƒe 1996 me la, eva zu A[[:en:Angolan_Football_Federation|ngolan Football Federation]] (FAF), [[:en:Angolan_Olympic_Committee|Angola Olympic Kɔmiti]], Angola Paralympic Kɔmiti, kple Kɔƒenutome Nyɔnuwo ƒe Kɔmiti me tɔ, tsɔ kpe ɖe Gaŋutinunyalawo ƒe Habɔbɔ ƒe Takpekpea ƒe zimenɔla ŋu. Eɖo Fundo Lwini, afisi wònye dziɖuɖua ƒe aɖaŋuɖoha ƒe akpa aɖe le, tsɔ kpe ɖe dɔ mawo ke wɔwɔ kple Banco SOL ŋu.<ref name=":1" /> Wogatia Lina be wòanye teƒenɔla le ƒe 2017. Tso ƒe 2018 va ɖo ƒe 2020 me la, enye [[:en:Huambo_Province|Huambo]] nutoa ƒe nutodziɖula,<ref name=":1" /> emegbe eʋu va zu [[:en:Luanda_Province|Luanda]] nutoa ƒe nutodziɖula tso ƒe 2020 va ɖo ƒe 2021.
Woŋlɔe ɖe nɔƒe 100 lia le MPLA ƒe ŋkɔwo me na [[:en:8th_Politburo_of_the_People's_Movement_for_the_Liberation_of_Angola|8th Politburo of the People's Movement for the Liberation of Angola]] lia le ƒe [[:en:2022_Angolan_general_election|2022 Angolan general election]].<ref>[https://web.archive.org/web/20220727165641/https://jurisprudencia.tribunalconstitucional.ao/wp-content/uploads/2022/07/01-MPLA.pdf "Lista de Candidatos - MPLA]" (PDF). Tribunal Constitucional de Angola. 2022. Archived from [https://jurisprudencia.tribunalconstitucional.ao/wp-content/uploads/2022/07/01-MPLA.pdf the origina]l (PDF) on 2022-07-27. Retrieved 2024-08-31.</ref> Dunyaheha me tɔ 67 koe wotia be woanye dukɔa ƒe nutome suea eye to esia me la, le ƒe geɖe ƒe sewɔtakpekpe me nɔnɔ megbe la, Lina va zu ame si axɔ ɖe eteƒe eye le esia ta menɔ anyi na Sewɔtakpekpe ƒe kpekpe ma o.<ref>"[https://web.archive.org/web/20220830194816/https://resultados2022eleicoesgerais.cne.ao/resultados Resultados 2022: Eleições Gerais]". Comissão Nacional Eleitoral. 2022.</ref>
== Nusiwo ŋu woke ɖo ==
3bgoxo4txs5m6raz38fxomftd8bhhta