Wikipedia
eewiki
https://ee.wikipedia.org/wiki/Axa_do_%C5%8Ag%C9%94
MediaWiki 1.47.0-wmf.19
first-letter
Media
Special
Talk
User
User talk
Wikipedia
Wikipedia talk
File
File talk
MediaWiki
MediaWiki talk
Template
Template talk
Help
Help talk
Category
Category talk
TimedText
TimedText talk
Module
Module talk
Event
Event talk
Ghana Drone ƒe Dɔwɔha
0
11419
62021
61990
2026-09-13T00:13:30Z
InternetArchiveBot
12362
Rescuing 1 sources and tagging 0 as dead.) #IABot (v2.0.9.5
62021
wikitext
text/x-wiki
Wodze '''Ghana Drone''' '''ƒe Dɔwɔha''' gɔme le 24 April 2019 (ƒe 7 enye sia), be woatsɔ atikewɔnuwo ayi teƒe siwo woɖo ɖi le Ghana kple drones zazã.<ref>https://techcrunch.com/2019/04/24/drone-delivery-startup-zipline-launches-uav-medical-program-in-ghana/</ref><ref>https://www.google.com/search?q=ghana+drone+delivery+service</ref>
[[:en:Zipline_(drone_delivery)|Zipline]] si wɔ ɖeka kple [[Gana|Ghana]] Lãmesẽnyawo Gbɔkpɔha la wɔa dɔ gaƒoƒo 24 gbesiagbe. Dukplɔla, [[Nana Akufo-Addo|Nana Akufo Addo]] ye de dɔ asi na evelia si wotu ɖe nudɔdɔ dzi le [[:en:Mampong|Mampong]] le Ashanti Nutome.<ref>{{Cite web |title=Archive copy |url=http://www.ghanahealthservice.org/ghs-item-details.php?scid=22&iid=138 |access-date=2026-08-30 |archive-date=2026-01-01 |archive-url=https://web.archive.org/web/20260101023224/http://www.ghanahealthservice.org/ghs-item-details.php?scid=22&iid=138 |dead-url=yes }}</ref><ref>http://www.ghanaweb.com/GhanaHomePage/NewsArchive/Akufo-Addo-commissions-Ghana-s-second-medical-drone-delivery-base-in-Ashanti-Region-788004</ref>
[[Gana|Ghana]] Kpovitɔwo ƒe Dɔwɔƒe xɔ yameʋu siwo me ame aɖeke mele o ƒe mɔ̃ɖaŋununya tsɔ kpe ɖe kpovitɔ siwo le anyigba dzi ƒe dɔwɔwɔ ŋu. Mɔ̃ɖaŋununya si ana kpovitɔwo nate ŋu ade dzesi nuvlowɔwɔ ahawɔ avu kpli wo.<ref>https://www.adomonline.com/ghana-news/police-to-use-drones-to-combat-crime-in-kwahu/</ref>
Kaka November 2020 naɖo la, wode dɔ asi na dɔwɔƒe atɔ̃ be woawɔ yameʋu siwo me ame aɖeke mele o ƒe dɔwɔnawo le dukɔa me.<ref>https://www.rocketmine.com/</ref> Woawoe nye SKT Aeroshutter, Rocketmine Yameʋuɖoɖo Ŋuti Nyatakakawo Gbɔkpɔha, Zipline International, Rudan Engineering, kple Axis Drone Surveys. Wotia amesiawo le dɔbiagbalẽvi 977 dome.<ref>https://www.graphic.com.gh/news/general-news/5-companies-licensed-for-commercial-drone-services.html</ref>
== Zipline ==
Zipline nye atikewɔwɔ ŋuti yameʋu tsɔtsɔ yi na amewo ƒe dɔwɔƒe si le United States si le dɔ wɔm le Rwanda eye fifia le Ghana. Woʋu mamadɔwɔƒe gbãtɔ le Omenako le April 2019. Wodzraa atikewɔnuwo siwo dometɔ aɖewoe nye ʋu, ʋumenugbagbeviɣi, atikewo, kple atikewɔmɔnuwo ɖo ɖe titina le Zipline ƒe mama dɔwɔƒewo eye womaa wo kabakaba na kɔdziwo kple atikewɔƒewo.<ref>{{Cite web |title=Archive copy |url=http://www.myjoyonline.com/opinion/2018/December-7th/drones-for-medical-supply-faqs.php |access-date=2026-08-30 |archive-date=2019-12-08 |archive-url=https://web.archive.org/web/20191208084242/http://www.myjoyonline.com/opinion/2018/December-7th/drones-for-medical-supply-faqs.php |dead-url=yes }}</ref> Dɔwɔƒea tsɔ COVID-19 dodokpɔ ƒe dɔwɔnuwo hã vɛ eye esia ɖe ɣeyiɣi si wozãna tsɔ ɖoa wo ɖa to mɔ dzi dzi kpɔtɔ.<ref>{{Cite web |title=Archive copy |url=https://time.com/5824914/drones-coronavirus-tests-ghana-zipline/ |access-date=2026-08-30 |archive-date=2020-04-22 |archive-url=https://web.archive.org/web/20200422225527/https://time.com/5824914/drones-coronavirus-tests-ghana-zipline/ |dead-url=yes }}</ref>
'''Alesi Wòwɔa Dɔe'''
* Ðɔktawo biaa atike si wohiã.<ref>https://www.ghanaweb.com/GhanaHomePage/NewsArchive/Drones-for-medical-deliveries-essential-for-Ghana-GHS-706280</ref>
* Zipline dɔwɔlawo blaa nusi wowɔ la ɖe yameʋu me si emegbe wòdana ɖe yame, eye wòdzona kilometa 100 le gaƒoƒo ɖeka me. Yameʋu la te ŋu wɔa wo ɖokui bliboe eye wozãa batri.<ref>http://www.ghananewsagency.org/health/ghana-to-commence-drone-delivery-of-essential-medicines-next-month-146648</ref>
* Yameʋu la dzona toa kɔdzi alo atikewɔƒe si wobiaa nu le dzi eye wòdaa agbalẽvi la ɖe yame. Agbalẽvia ƒua du yia anyime, eye wòzãa parachute tsɔ ɖea eƒe ŋusẽ dzi kpɔtɔna, eye yameʋu la dzona trɔna yia Zipline mamaƒea be woagbugbɔ agbaa ade eme.
'''Delivery Centers'''
# Omenako<ref>https://web.archive.org/web/20190624165159/https://www.voanews.com/africa/drones-deliver-medical-supplies-ghana</ref>
# [[:en:Mampong|Mampong]]<ref>https://www.graphic.com.gh/news/general-news/ghana-news-ghana-launches-second-drone-delivery-base-at-mampong.html</ref>
# Kukua<ref>https://www.modernghana.com/news/973817/bawumia-inspects-third-zipline-drone-distribution.html</ref>
# [[:en:Sefwi-Wiawso_Municipal_District|Sefwi Wiawso]]
== Kpekpeɖeŋuxɔʄewo ==
mhv5u8l1u79663d29408rpq8zqj7dic
Rachel Appoh
0
11431
62023
62006
2026-09-13T00:29:41Z
InternetArchiveBot
12362
Rescuing 2 sources and tagging 0 as dead.) #IABot (v2.0.9.5
62023
wikitext
text/x-wiki
{{databox}}
'''Rachel Florence Appoh''' (wodzi le 6 Kele 1980) nye Ghana dunyahela kple [[:en:National_Democratic_Congress_(Ghana)|National Democratic Congress]](NDC) me tɔ tsã le Sewɔtakpekpe me na [[:en:Gomoa_Central_(Ghana_parliament_constituency)|Gomoa Central]] Nutome, [[:en:Central_Region_(Ghana)|Central Nutome le Ghana]] . Tsã la, enye Ŋutsuwo Kple Nyɔnuwo, Ðeviwo Kple Hadomegbenɔnɔ Takpɔkpɔ ƒe Dɔdzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ, <ref name=":0">''Africa, Daily Guide (18 December 2013).'' [https://web.archive.org/web/20170207112931/http://www.ghanamps.com/mps/details.php?id=2601 "Rachel Florence Appoh marries"]''. News Ghana. Retrieved 30 January 2017.''</ref> <ref name=":1">[https://www.newsghana.com.gh/rachel-florence-appoh-marries/ "Ghana MPs - MP Details - Appoh, Florence Rachel"]''. GhanaMps. Retrieved 30 January 2017.''</ref> [[:en:Naana_Eyiah_Quansah|Naana Ayiah Quansah]] va xɔ ɖe eteƒe le ƒe 2016 ƒe sewɔtakpekpe ƒe tiatiawɔɣi <ref>''Benedict Kweku, Nkrumah.'' [http://ghanamps.com/mps/details.php?id=2601 "MP Advocates for girl child education in Gomoa Central"]''. Retrieved 1 March 2024.''</ref>
== Ðevimenɔɣi kple sukudede ==
Rachel Florence Appoh (wodzi le 6 Kele 1980) Sewɔtakpekpe me tɔ na Gomoa Titina Nutome le [Ghana]. Master ƒe ɖaseɖigbalẽ eve le esi fifia. MSC Dukɔwo Dome Ganyawo kple Akɔntabubu le Buckinghamshire Yunivɛsiti (UK) 2015 kple Masters le Dziɖuɖu kple Kplɔlanyenye (MGL) le Gimpa Accra 2019. Exɔ eƒe suku kɔkɔ le Pentecost yunivɛsiti, Accra afisi wòxɔ Bsc Accounting le le ƒe 2008 me. Enye National Democratic Congress habɔbɔ me tɔ eye wòle ame akpa gãtɔ teƒe le sewɔtakpekpea me.
== Dɔwɔɖua ==
Ewɔ dɔ abe Akɔntabubudzikpɔla ene le KAMA Lãmesẽnyawo Gbɔkpɔƒe, Labone le Accra. Ewɔ dɔ hã abe Gazazã dzikpɔla/ Akɔntanyala ene le Anglo Gold Ashanti Ltd kple PeaceFm. <ref name="ghanamps.com">"Ghana MPs - [https://www.modernghana.com/news/854369/mp-advocates-for-girl-child-education-in-gomoa-central.html MP Details - Appoh, Florence Rachel"''. GhanaMps.com'']''. Retrieved 26 January 2020.''</ref> Enɔ Gomoa Central Constituency teƒe abe Sewɔtakpekpe me tɔ ene le ƒe 2013 kple 2016 dome. Ezu Ŋutsuwo Kple Nyɔnuwo, Ðeviwo Kple Hadomegbenɔnɔ Takpɔkpɔ ƒe Dɔdzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ le ema megbe <ref name="ghanamps.com" />
== Dunyahehe ==
Tsã la, enye Ŋutsuwo Kple Nyɔnuwo, Ðeviwo kple Hadomegbenɔnɔ Takpɔkpɔ ƒe Dɔdzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ, [[:en:Naana_Eyiah_Quansah|Naana Ayiah Quansah]] va xɔ ɖe eteƒe le ƒe 2016 ƒe sewɔtakpekpe ƒe tiatiawɔɣi.
Le Appoh ƒe nya nu la, wowɔ ga le Ghana ƒe dunyaheɖoɖoa me ale gbegbe be ga manɔmee la, ame mate ŋu aɖu dzi le tiatia aɖeke me o. Le gbebiame aɖe si dzi ''The Ghana Report'', lé ŋku ɖe eŋu me la, egblɔ be yedo ga si nye GHC700,000 tsɔ kpɔ ga na yeƒe ƒe 2016 ƒe sewɔtakpekpe ƒe dodokpɔ le Gomoa Central Constituency le Central Region, si yeda. <ref>[https://web.archive.org/web/20170207112931/http://www.ghanamps.com/mps/details.php?id=2601 ""I took GHC870,000 loan for 2016 elections and lost" – Rachel Florence Appoh"]''. 7 October 2019.''</ref>
== Ame ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ ==
Appoh ɖe Samuel Nana Opoku, eye vi ɖeka le esi. <ref>''Online, Peace FM.'' [https://www.theghanareport.com/i-took-ghc870000-loan-for-2016-elections-and-lost-rachel-florence-appoh/ "XCLUSIV FOTOS: Deputy Minister, Rachel Appoh Ties The Knot!"]''. Archived from'' [https://web.archive.org/web/20231015010414/https://www.peacefmonline.com/pages/showbiz/news/201312/183173.php the original] ''on 15 October 2023. Retrieved 30 January 2017.''</ref>
== Etsoƒe ==
<references />
== Kadodo siwo tso egodo ==
*
[[Category:Ame siwo wodzi le ƒe 1980 me]]
im9oyr89v50drvdy2hzrvfjlv3msjcj
Mama Bobi III
0
11439
62022
62002
2026-09-13T00:24:50Z
InternetArchiveBot
12362
Rescuing 2 sources and tagging 0 as dead.) #IABot (v2.0.9.5
62022
wikitext
text/x-wiki
'''Mama Bobi III''' nye Fianyɔnu na Bake - [https://www.asoglistate.com/subcat_select.cfm?Bankoe%20Division&corpnews_catid=6&corpnews_scatid=17 Ho Bankoe] le [[:en:Asorgli_State|Asogli dekɔnu nuto]] si le [[:en:Volta_Region|Volta Nutome]] le [[:en:Ghana|Ghana]] . Wodoe fia le Afɔfĩe, 2022 me eye wòxɔ dzesideŋkɔ si nye Afetornyonufia. Mama Bobi III le gome kpɔm le nyɔnuwo ƒe ŋusẽdodo, sukudede kple nutoa me ƒe ŋgɔyiyi taʋiʋli me le eƒe nuto me kple egodo.
== Ðevimenɔɣi kple sukudede ==
Wodzi Mama Bobi III Angela Attachie le Kele 2, 1985, na Togbe Adu Bobi III si megali o, si nye Bobi ƒomea ƒe dekɔnu kplɔla, kple Madam Florence Mawusi Afeatse. Etsi le [[:en:Ho,_Ghana|Ho]] afisi wòde [[:en:OLA_Girls_Senior_High_School_(Ho)|OLA Sekɛndrisuku]] le hafi yi eƒe sukudede dzi le [[:en:University_of_Ghana|Ghana Yunivɛsiti]], afisi wòxɔ Bachelor ƒe ɖaseɖigbalẽ le Dunyaheŋutinunya me le ƒe 2008.<ref name=":0">[https://www.graphic.com.gh/lifestyle/personality-profiles/mama-bobi-iii-occupies-stool-and-the-bench.html Mama Bobi III occupies stool and the bench]". [[:en:Daily_Graphic_(Ghana)|''Daily Graphic''.]] Accra, Ghana. 2022-12-08. Retrieved 2025-01-16.</ref>
Le eƒe suku kɔkɔ dede megbe la, eti eƒe LLB (Bachelor’s of Laws) yome le yunivɛsiti ma ke me eye woyɔe be wòava ahadzraƒea le ƒe 2013 me. Emegbe eva ge ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒea me le ƒe 2016 me, eye fifia enye nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe ʋɔnudrɔ̃la le Madina Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe le [[:en:Accra|Accra, Ghana]].
Mama Bobi III ɖe srɔ̃ eye vi eve le esi.
== Dᴐwᴐna ==
Hafi Mama Bobi III nava nɔ fiazikpuia dzi la, ewɔ dɔ abe senyala si wɔa dɔ ene. Ewɔ dɔ le senyawo me ɣeyiɣi kpui aɖe hafi trɔ yi ʋɔnudrɔ̃ƒe. Le ƒe 2016 me la, woɖoe nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe ʋɔnudrɔ̃la, afisi wòle dɔwɔm le le Madina Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe. <ref name=":0" />
Tsɔ kpe ɖe eƒe senyawo ŋu la, Mama Bobi III nye [https://web.archive.org/web/20260305142645/https://dahumanitarianfoundation.org/ DA Humanitarian Foundation], habɔbɔ si ƒe susu le kpekpeɖeŋu nana dɔmenyonunana vovovowo le eƒe nutoa me ŋu, eye wòtea gbe ɖe nyɔnuwo kple sɔhɛwo ƒe nyonyo dzi etɔxɛe eye wònye dɔmenyotɔ. <ref>[https://web.archive.org/web/20260305142645/https://dahumanitarianfoundation.org/ DA Humanitarian Foundation – #Beyond Good]". Retrieved 2025-01-16.</ref>
== Amegãnyenye ==
Le Afɔfĩe 2022 me la, wotsɔ Mama Bobi III wɔe be enye Asafonyornufia si tso Bake- [https://www.asoglistate.com/maincat_select.cfm?HO,%20VOLTA%20REGION&corpnews_catid=8 Ho nutoa] me le [https://www.asoglistate.com/ Asoglitɔwo ƒe dekɔnu nuto me] . Wodo Bobi ƒomea, si xɔ Asafofiage ƒe ɖoƒe le [https://www.asoglistate.com/subcat_select.cfm?Bankoe%20Division&corpnews_catid=6&corpnews_scatid=17 Ho Bankoe] tso blema ke la ɖe dzi va zu Afetorfia si le Bake-Ho Bankoe ƒe ɖoƒe abe ɖoɖo yeye vevi aɖe ƒe akpa aɖe ene. <ref>GNA (2023-06-12). [https://gna.org.gh/2023/06/asogli-installs-new-chiefs-linguists-and-a-new-stool-father-for-togbe-afede/#google_vignette "Asogli installs new chiefs, linguists and a new Stool Father for Togbe Afede]". Ghana News Agency. Retrieved 2025-01-16.</ref> Mama Bobi III ƒe fiadudui nye Afertonyufia ƒe dzesideŋkɔ wɔwɔ.
Taʋiʋli kple nutoa me ƒe ŋgɔyiyi
Mama Bobi III nye nyɔnuwo kple sɔhɛwo ƒe ŋusẽdodo le eƒe nutoa me taʋlila. Ewɔa dɔ be yeana mɔnukpɔkpɔwo nasu nyɔnuviwo si, vevietɔ to aɖaŋudɔwo dodo ɖe ŋgɔ ƒe ɖoɖowo dzi. Mama Bobi III wɔ ɖoɖo ɖe lãmesẽ dodokpɔ ƒe ɖoɖowo ŋu le [[:en:Asogli_Te_Za_(Yam_Festival)|Te Za]] Ŋkekenyuia ɖuɣi siwo dometɔ aɖewoe nye dɔwɔwɔ femaxee abe ŋkudodokpɔ, no dodokpɔ kple ŋkumeɖobolo mama na nutoa me tɔ siwo hiã tu. <ref name=":0" />
== Etsoƒewo ==
<references />
== Nuxexlẽ bubuwo ==
Mama Bobi III xɔ sewɔƒe kple fiazikpui la
epphjbqporedhlr411opgdnuz21zg6y